Luke 14

Yesu da gbe le ŋutsu tete aɖe ŋu le Sabat dzi

1Gbe ɖeka le Sabat dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒeme, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie. 2Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tete dɔ lém la dze ŋgɔe.

3Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?”

4Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu eye woda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo. 5Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Sabat ŋkeke dzi o. Nernye be evia alo eƒe nyi ge dze do me le Sabat ŋkekea dzi ɖe meɖenɛ enumake oa?”

6Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o.

Aɖaŋuɖodo na ame kpekpewo kple amekpelawo

7Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua nɔ didim vevie be yewoanɔ kplɔ̃a ta. Le esia ta exlɔ̃ nu wo gblɔ be, 8“Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli bena yeanɔ kplɔ̃ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la, 9ne edzɔ nenema la ame si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò bena, ‘Tso nàtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nàyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi.

10“Nu si boŋ wòle be nàwɔ enye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume. 11Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la woade bubu eŋu.”

12Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la megakpe xɔwòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe. 13Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo. 14Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ŋkeakea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.”

Lododo le kplɔ̃ɖoɖo gã la ŋuti

(Mateo 22:1-10)

15Ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siwo katã wògblɔ ale wògblɔ na Yesu be, “Mɔnukpɔkpɔ gã blibo ka wòanye be ame nakpɔ mɔ age ɖe mawufiaɖuƒe me!”

16Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòkpe ame geɖewo. 17Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ. 18Gake ame sia ame de asi taflatsɛdodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatsɛ be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme eya ta yemate ŋu ava o. 19Bubu hã do taflatsɛ be, yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me eya ta yeyina wo do ge akpɔ. 20Ame bubu hã gado taflatsɛ be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃ eya ta yemate ŋu agblẽ nyɔnua ɖi ava o.”

21“Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔme ve aƒetɔa ŋutɔ eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomeewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui. 22Togbɔ be wòwɔ esia hã la, teƒe ganɔ kplɔa ŋu ko.”

23Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, “Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi, kple kpɔwo godo eye naƒoe ɖe ame siwo katã nakpɔ la nu bena woava, be aƒea me nayɔ. 24Elabena ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.”

Nugbegbe le ame ɖokui gbɔ si hiã le Yesu yomedzedze me

(Mateo 10:37-38)

25Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be. 26“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ẽ, le nyateƒe me ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã, ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o. 27Ame si matsɔ eƒe atitisoga akplɔm ɖo o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.”

28“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã? 29Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo la akpɔe be ga megale ye si yeayi etutu dzi o. Ale amewo katã akoe!

30“Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Miekpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’

31“Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi o? 32Nenye be wòakpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be wòawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ.

33“Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!

Dze si bu eƒe vivi

(Mateo 5:13; Marko 9:50)

34“Ŋudɔwɔnu kae dze, si bu eƒe vivi la ganye? 35Dze si bu eƒe vivi la meganyo na naneke o, menyo na aɖudodo gɔ̃ hã o. Ɖeko wòle be woatsɔe aƒu gbe. Miɖo to nyuyie, nenye be miedi be yewoase nu si mewɔnɛ la gɔme.”

Copyright information for EweBEE